Revelation of John 20

Ƒe akpe ɖeka la

1Eye mekpɔ mawudɔla aɖe wòɖi tso dziƒo gbɔna. Ʋeglobo la ƒe safui kple gakɔsɔkɔsɔ gã aɖe nɔ esi. 2Elé ʋɔ driba la, da xoxo ma, ame si nye gbɔgbɔ vɔ̃ alo Satana eye wòblae hena ƒe akpe ɖeka. 3Etsɔe ƒu gbe ɖe Ʋegbobo la me eye wòtui kple safui hetre enu be magable dukɔwo azɔ o va se ɖe esime ƒe akpe ɖeka la nawu enu. Le ema megbe la, woaɖe gae hena ɣeyiɣi kpui aɖe.

4Mekpɔ fiazikpui aɖewo, siwo dzi ame siwo wona ŋusẽe be woadrɔ̃ ʋɔnu la nɔ, eye mekpɔ ame siwo nu wotso ta le, le woƒe ɖaseɖiɖi na Yesu kple Mawu ƒe nya la ta la ƒe luʋɔwo. Wogbɔ agbe eye woɖu fia kple Kristo hena ƒe akpe ɖeka. 5Ame kuku mamlɛawo megbɔ agbe o va se ɖe esime ƒe akpe ɖeka la wu enu. Esiae nye tsitretsitsi gbãtɔ. 6Yayratɔwo kple amekɔkɔewoe nye ame siwo kpɔ gome le tsitretsitsi gbãtɔ me. Ku evelia mekpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o, ke woanye Osɔfowo na Mawu kple Kristo eye woaɖu dzi kplii hena ƒe akpe ɖeka.

Satana ƒe anyidzedze

7Ne ƒe akpe ɖeka la de la, woaɖe Satana tso eƒe gaxɔa me 8eye wòado go ayi aɖable dukɔwo le xexeame ƒe dzogoe eneawo dzi, kple Gɔg kpakple Magɔg ne woaƒo amewo nu ƒu hena aʋawɔwɔ eye le xexlẽme la, wosɔ gbɔ abe ƒutake ane. 9Wozɔ to anyigba blibo la dzi heyi ɖade to ɖe Mawu ƒe amewo ƒe asaɖa, du si wòlɔ̃na vevie. Ke dzo ge tso dziƒo va fia wo katã. 10Wotsɔ Satana, ame si ble wo la ƒu gbe ɖe aŋɔdzota si le bibim la me, afi si wotsɔ lã wɔada la kple aʋatsonyagblɔɖila la hã ƒu gbe ɖo. Woawɔ funyafunya wo zã kple keli tso mavɔ me yi mavɔ me.

Nuwuwuʋɔnudɔdrɔ̃

11Tete mekpɔ fiazikpui ɣi gã aɖe kple ame si bɔbɔ nɔ edzi. Anyigba kple dziŋgɔlĩ si le eŋkume eye teƒe aɖeke meli na wo o. 12Eye mekpɔ ame kukuwo, ame deŋgɔwo kple ame gblɔewo nɔ tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ eye woʋu agbalẽwo. Woʋu agbalẽ bubu si nye agbegbalẽ la. Wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuawo ɖe nu si wowɔ woŋlɔ ɖe agbalẽawo me la nu. 13Atsiaƒu tsɔ ame kuku siwo le eme la hena. Ku kple tsĩeƒe hã ɖe woƒe ame kukuwo ɖe go eye wodrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ɖe nu si wowɔ la nu. 14Wotsɔ ku kple tsĩeƒe ƒu gbe ɖe dzota la me. Dzota siae nye ku evelia. 15Ne womekpɔ ame aɖe ƒe ŋkɔ le agbegbalẽa me o la, wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzota la me.

Copyright information for EweBEE